Mark 4

1Egadze nufiafia gɔme le ƒu la to,eye ameha ga ɖe ƒoƒu ɖe egbɔ,eye woyi ɖe tɔdziʋu la me hebɔbɔnɔ anyi ɖe eme le ƒu la dzi,eye ameha blibo la nɔ ƒu la to. 2Efia nu geɖe wo le lododo me,le eƒe nufiafia me la egblɔ nawo be;

3‘’Misee,nukuwula ɖe yi nuku wu ge. 4Esi wole ewu la,ɖewo geɖe mɔto,eye xeviwo va fɔwo mi. 5Ɖewo ha geɖe kpenyigba dzi,teƒe si anyi mesɔ gbɔ le o.le esi nukua mede tome nyui o la,emie kaba elabena anyi la mede to o.

6Esi ŋdɔ ʋu la,eɖui elabena ke mele ete o,eye wo fia. 7Ɖe ha geɖe ŋuwo me.Esi wo tsi gbɔna la ŋuwo tsi ʋa tsɔ wodzi.eye wome tseku aɖeke o.

8Ɖewo geɖe anyigba nyui la dzi,emie hetsi eye wotseku blaatɔ,blaade,alo alafa ɖe alafa dzi.‘’ 9Eye wogblɔ.‘’amesi toseŋu le esi la’ ne see.‘’

10Esime eya ɖeka nɔ anyi la,amesiwo nɔ eyome kple ame wuieveawo bia be woaɖe lododo gɔme na yewo. 11Egblɔ nawo bena.‘’wotsɔ Mawu fiaɖuƒe la ƒe ɣlaɣla na mi.Gake na amesiwo le egodo la,wogblɔ wo kata nawo le lododo me. 12Bena woa kpɔ nu aga kpɔe ke,ke woma dzesi nu o,woa se nu aga se nu ke woma se egɔme o.Ne wodzea si nu alo woase egɔme,vaseɖe esime woatrɔ le woƒe dzime hena woƒe nuvɔ ƒe tsɔtsɔke.‘’

13Ebia be,‘’ ɖe miese lododo sia gɔme oa?Enumake aleke mieteŋ ase lododo bubuwo gɔmea. 14Nukuwula le nya la wuim 15.Esiwo hlɛ ɖe mɔto la,enye nya si wodo ɖe wome,enumake satana va ɖea nya la wo me.

16Nenemake nye esiwo geɖe kpenyigba dzi la wawoe nye amesiwo se nya,eye woxɔe kple dzidzɔ. 17Eye esi ke mele egɔme nɛ o eye fukpekpe kple yometiti va ɖo la,ezua mɔxenu nawo enumake.

18Bubu wo nye esiwo geɖe ŋuwo me.Wawoe nye amesiwo se nya la, 19ke xexeame ƒe agbagba dzedzewo kple kesinɔnuwo kpakple dzidziwo nana be,enya la metse na ku o. 20Ke esiwo geɖe anyigba nyui la,wawoe nye amesiwo ɖoa to nya la eye woxɔe hetsea ku geɖe.ke ɖewo blaetɔ,blaade,eye ɖewo ha la alafa ɖe alafa dzi.

21Yesu gblɔ nawo bena,‘’amea ɖeke me sina akadi le aƒeme tsɔ dana ɖe abatsi gɔme o,alo akaɖi ti te o?ke boŋ ɖewo dzɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi be wa kle na amewo. 22Naneke manɔ ɣlaɣla me,siwo wo manya o,nusi le ɣlaɣla me la adze le akaɖi la ŋgɔ. 23Ne amea ɖe to senu le esi la,nese.‘’

24Eyi edzi gblɔ nawo bena,‘’mile toɖe nusi miese la nu nyui,elabe nusi mietsɔ dzidzie na amewo la eya ke woatsɔ adzidzie na miawo ha awu agbɔ eme. 25Elabena amesi ke nane le esi la,woaga tsɔ bubuwo akpe nɛ.ke amesi naneke mele esi o la,nusi ke wosusu be ele yesi la woaxɔ eya ha le esi.

26Yesu gagblɔ nawo bena,‘’Dziƒofiaɖuƒela ɖi agbledela si do nu ɖe anyigba 27.Eye wodɔ alɔ he fɔ ŋkeke kple za,eye nukuawo tsi.ke eya menya o 28.Anyigba la tseku le eɖokui si,elabena gba la,amakpawo dona,eye woƒoa se,ke emegbe la etsea ku. 29Ke eɖina eye agbledela tsɔa eƒe yi hena nuku la ƒe ŋeŋe.‘’

30Egagblɔ bena,‘’Nuka miatsɔ kple Mawufiaɖuƒe la,alo gɔmeɖeɖe bubu kae mia tsɔ sɔ kpli? 31Egale abe kutsetse vi soe aɖe si wodo ɖe atsi gawo dome ene. 32Ke ne wodoe la eva tsina wu gatɔ siwo le abɔe me.Eƒe alɔdzɔe wo lolona ale gbegbe be dziƒoxeviwo va be na ɖe ete.

33Egblɔ nya geɖe nawo le lododo me zi alesi amewo ɖina be yewoa se nane gɔme. 34Eƒoa nu nawo le lododo me,ke ne ya kple eƒe nusrɔlawo ɖeɖe li la,eɖea ŋu gɔme na wo.

35Le gbemagbe esi ɣe ɖo xɔ la egblɔ nawo be,mina miayi afi bubu. 36Eye wodzo kple tɔdziʋu,eye eƒe nusrɔlawo nɔ anyi kpli esi wonɔ ʋu la me.eye tɔdziʋu bubu wo ha le wo yome. 37Ke ya ga aɖe ƒo si na be tsi nɔ kɔkɔŋ ɖe ʋue me,eye ʋu la yɔ kple tsi

38Ke Yesu ŋutɔ nɔ alɔdɔm le ʋu la me,eye wofɔe gblɔ ne bena,nyɔ elabe miele kukum,ɖe metsɔ ɖe le eme na mi oa?‘’ 39Ke efɔ eye woɖe gbe na tsi la be,‘’zi ɖoɖoe.‘’eye ya ga si le ƒoƒom la ɖo toe.

40Eye Yesu gblɔ nawo bena,‘’Nukata miele vɔvɔm?Ɖe xɔse megale mia si oa?‘’ Wo kata wovɔ alegbegbe be wobia wonoe se bena,ame ya la,‘’amekea wonye,bena ya kple atsaƒui ha sea eƒe gbe maha.

41

Copyright information for EweULB